Matthew 15:21-28
Kanan nyɔnu la ƒe xɔse
(Marko 7:24-30)
21Yesu dzo le nuto ma me, eye wòzɔ mɔ kilomita blaenyi sɔŋ yi Tiro kple Sidon nutowo me. 22Kanan nyɔnu aɖe si le afi ma la va egbɔ va ɖe kuku nɛ vevie be, “O, Aƒetɔ, Fia David ƒe Vi, kpɔ nye nublanui! Gbɔgbɔ vɔ̃ ge ɖe vinye nyɔnuvi me, eye wòwɔa fui ɣe sia ɣi.” 23Ke Yesu meɖo nya aɖeke ŋu nɛ o; mekpe kpe dee hã o. Eƒe nusrɔ̃lawo va ƒoe ɖe enu be nenyae wòadzo. Wogblɔ be, “Gblɔ nɛ be nedzo, elabena eƒe ɣlidodo le to me vem na mí.” 24Yesu gblɔ na nyɔnu la be, “Ɖe Mawu dɔm be mava Israel dukɔ si le abe alẽ bubu ene la ko gbɔ.” 25Ke nyɔnu la te ɖe eŋu kpokploe hede ta agu nɛ gaɖe kuku nɛ be, “Aƒetɔ, ve nunye ko!” 26Yesu gblɔ nɛ be, “Menyo be maxɔ nuɖuɖu le ɖeviwo si atsɔ na avuwo o.” 27Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Ɛ̃, Aƒetɔ, ele eme nenema, gake avuvi siwo le kplɔ̃ te la ɖua abolo wuwlui siwo gena ɖe anyigba tso woƒe aƒetɔ ƒe kplɔ̃ dzi.” 28Yesu gblɔ nɛ be, “Nyɔnu, wò xɔse lolo ŋutɔ! Nu si dim nèle la neva eme na wò.” Eye enumake via nyɔnuvi la ƒe lãme sẽ.
Copyright information for
EweAL