Matthew 16:5-12
Farisitɔwo kple Zadukitɔwo ƒe amɔʋãnu
(Marko 8:14-21)
5Wogatso ƒu la yi ɖe go kemɛ dzi, ke nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi le afi sia be, yewomeƒle nuɖuɖu ɖe asi o. 6Yesu xlɔ̃ nu wo vevie gblɔ be, “Mikpɔ nyuie le Zadukitɔwo kple Farisitɔwo ƒe amɔʋãnu ŋuti.” 7Nusrɔ̃lawo bu be nuɖuɖu si yewometsɔ ɖe asi o la tae wògblɔ nya siawo ɖo. 8Ke Yesu ya nya nu si ŋuti bum wole ale wògblɔ na wo be, “O! Mi xɔse ʋɛ tɔwo! Nu ka ta miele nu xam be yewometsɔ nuɖuɖu ɖe asi o ɖo? 9Nu ka ta miate ŋu ase nu gɔme o ɖo? Mieɖo ŋku edzi be menyi ame akpe atɔ̃ (5,000) kple abolo atɔ̃, eye esi susɔ la yɔ kusiwo oa? 10Esi menyi ame akpe ene (4,000) ɖe, mieɖo ŋku edzi kple abolo gbogbo si susɔ míelɔ ɖe kusi me o mahã? 11Aleke wɔ miedze sii kpɔ be menye nuɖuɖu ŋutie mele nu ƒom le o mahã? Megale egblɔm na mi be, ‘Mikpɔ nyuie le Farisitɔwo kple Zadukitɔwo ƒe amɔʋãnu ŋuti.’ ” 12Ke azɔ la, wose nu si wòwɔnɛ be amɔʋãnu la gɔme, eyae nye alakpanu siwo Farisitɔwo kple Zadukitɔwo nɔa fiafiam la.
Copyright information for
EweAL