Matthew 17:1-8
Yesu ƒe nɔnɔme trɔ le to la dzi
(Marko 9:2-13; Luka 9:28-36)
1Le ŋkeke ade megbe la, Yesu kplɔ Petro, Yakobo kple nɔvia Yohanes ɖe asi woyi to kɔkɔ aɖe dzi. Teƒe sia zi ɖoɖoe nyuie. 2Le toa dzi la, Yesu ƒe dzedzeme trɔ enumake. Eƒe mo de asi keklẽ me abe ɣe ene, eye eƒe awu fu tititi abe kekeli ene. 3Kasia Mose kple Eliya va do ɖe egbɔ, eye wonɔ dze ɖom kplii. 4Petro gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, enyo ŋutɔ be míele afi sia! Ne èlɔ̃ la, na míawɔ agbadɔ etɔ̃, ɖeka nanye tɔwò, ɖeka nanye Mose tɔ, ɖeka nanye Eliya hã tɔ.” 5Esi wònɔ nya sia gblɔm la, lilikpo keklẽ aɖe va tsyɔ wo dzi, eye gbe aɖe ɖi tso lilikpo la me gblɔ be, “Ame siae nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si dzea ŋunye. Miɖo toe.” 6Esi gbe la nɔ ɖiɖim alea la, dzidzi ƒo nusrɔ̃la etɔ̃awo, eye wotsyɔ mo anyi kple vɔvɔ̃. 7Ke Yesu va wo gbɔ, eye wòka asi wo ŋu gblɔ na wo be, “Mitsi tsitre, eye migavɔ̃ o.” 8Esi wofɔ mo dzi la, Yesu ɖeka ko wokpɔ.
Copyright information for
EweAL