‏ Matthew 17:10-17

10Nusrɔ̃lawo biae be, “Nu ka ta agbalẽfialawo nɔa gbɔgblɔm godoo be ele be Eliya nagava hafi Kristo la nava ɖo?”

11Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ele eme nenema. Ele be Eliya nava, aɖɔ nu sia nu ɖo hafi Kristo la nava. 12Ke mele egblɔm na mi be, Eliya gatrɔ va xoxo, gake amewo mekpɔe dze sii o, eya ta wowɔ nu sia nu si wodi be yewoawɔe la. Nenema ke Amegbetɔ Vi la hã akpe fu le woƒe asimee.”

13Nusrɔ̃lawo kpɔe dze sii be Yohanes Mawutsitanamela ŋutie Yesu nɔ nu ƒom le.

Gbedada le ŋutsuvi gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ aɖe ŋu

(Marko 9:14-29; Luka 9:37-43)

14Esi wova ɖo toa te la, wokpɔ ameha gã aɖe nɔ afi ma nɔ wo lalam. Enumake ŋutsu aɖe do tso ameha la dome va dze klo ɖe Yesu ƒe akɔme gblɔ be, 15“Aƒetɔ, kpɔ nublanui na vinye ŋutsuvi sia; ele kpeŋuidɔ lém, eye wòle fu kpem nublanuitɔe. Ne kpeŋuidɔ la dze edzi ɣe aɖewo ɣi la, enana be wòdzea dzo alo tsi me. 16Mekplɔe vɛ na wò nusrɔ̃lawo, gake womete ŋu da gbe le eŋu o.”

17Yesu ɖo eŋu gblɔ be, “O! Mi dzidzime kpaɖikpaɖi, dzimaxɔsetɔ siawo, ŋkeke neni wòle be manɔ anyi kpli mi hafi miaxɔ dzinye ase? Aleke gbegbe magbɔ dzi ɖi na mi? Mikplɔ ɖevi la va afi sia nam.”
Copyright information for EweAL