Matthew 22:41-46
Kristoe nye David ƒe vi kple eƒe aƒetɔ
(Marko 12:35-37; Luka 20:41-44)
41Esia megbe la, Farisitɔwo va ƒo xlãe, eye wòbia wo be, 42“Aleke miekpɔ tso Kristo la ŋutɔ ŋu? Ame ka ƒe vie wònye?” Woɖo eŋu nɛ be, “David ƒe vie!” 43Yesu gabia wo be, “Ne enye David ƒe vi ɖe, nu ka ta esi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va David dzi wònɔ nu ƒom la, wòyɔ Kristo la be ‘Aƒetɔ’ ɖo? Miakpɔe le mawunya me be David gblɔ be, 44“ ‘Mawu gblɔ na nye Aƒetɔ be:“Nɔ anyi ɖe nye nuɖusime
va se ɖe esime matsɔ wò ketɔwo
ade wò afɔ te.” ’
45Esime David yɔ Kristo la be, ‘Aƒetɔ’ ɖe, aleke wɔ wòganye via?” 46Nyateƒe, biabia la lolo wu wo, ale womete ŋu ɖo eŋuti o. Esia megbe la, ame aɖeke medo dzi gabia nya aɖekee o.
Copyright information for
EweAL