‏ Matthew 24:15-21

Xaxa gã la

(Marko 13:14-23; Luka 21:20-24)

15“Eya ta ne miekpɔ ‘ŋunyɔnu si hea gbegblẽ vɛ la’ le tsitre ɖe Kɔkɔeƒe la, esi ƒe nya wogblɔ to Nyagblɔɖila Daniel dzi la, nya sia xlẽla nese egɔme, 16ekema ame siwo le Yudea la nasi ayi towo dzi. 17Ame si le eƒe xɔ ta la megaɖi va anyigba alo age ɖe eƒe xɔ me be yeatsɔ naneke le eme o. 18Ame si le agble me la megatrɔ va tsɔ eƒe awu o.

19“Baba na funɔwo kple ame siwo si vidzĩwo le le ŋkeke mawo me. 20Mido gbe ɖa be miaƒe sisigbe megadze vuvɔŋɔli alo Dzudzɔgbe ŋkeke dzi o. 21Le ɣe ma ɣi me la, xaxa si ƒomevi medzɔ kpɔ tso xexea me ƒe gɔmedzedze va se ɖe fifia o, eye magadzɔ kpɔ o la anɔ anyi.
Copyright information for EweAL