Matthew 24:15-28
Xaxa gã la
(Marko 13:14-23; Luka 21:20-24)
15“Eya ta ne miekpɔ ‘ŋunyɔnu si hea gbegblẽ vɛ la’ le tsitre ɖe Kɔkɔeƒe la, esi ƒe nya wogblɔ to Nyagblɔɖila Daniel dzi la, nya sia xlẽla nese egɔme, 16ekema ame siwo le Yudea la nasi ayi towo dzi. 17Ame si le eƒe xɔ ta la megaɖi va anyigba alo age ɖe eƒe xɔ me be yeatsɔ naneke le eme o. 18Ame si le agble me la megatrɔ va tsɔ eƒe awu o. 19“Baba na funɔwo kple ame siwo si vidzĩwo le le ŋkeke mawo me. 20Mido gbe ɖa be miaƒe sisigbe megadze vuvɔŋɔli alo Dzudzɔgbe ŋkeke dzi o. 21Le ɣe ma ɣi me la, xaxa si ƒomevi medzɔ kpɔ tso xexea me ƒe gɔmedzedze va se ɖe fifia o, eye magadzɔ kpɔ o la anɔ anyi. 22“Le nyateƒe me la, ne womeɖe le nenem ŋkekeawo dzi o la, amegbetɔƒome la katã atsrɔ̃. Ke meka ɖe edzi na mi be le Mawu ƒe ame tiatiawo ta la, woato ŋkeke siawo ɖe eme. 23Nenye be ame aɖe agblɔ na mi be, ‘Kristo la va ɖo,’ eye wòle afii alo afi mɛ alo ‘wokpɔe le afi aɖe la,’ migaxɔe se o, 24elabena aʋatsokristotɔwo kple aʋatsonyagblɔɖilawo ava do, eye woawɔ nukunu gãwo siwo dzi Mawu ƒe ame tiatiawo gɔ̃ hã ate ŋu axɔ ase. 25Kpɔ ɖa, megblɔe na mi do ŋgɔ lo! 26“Eya ta ne ame aɖe gblɔ na mi be, ‘Ele gbedzi afi aɖe la,’ migaɖe fu na mia ɖokuiwo be yewoayi aɖakpɔe ɖa o. Alo ne ame aɖe be, ‘Ebe ɖe xɔ gã me la,’ migaxɔe se o! 27Abe ale si dzi kea dzo le ɣedzeƒe wokpɔnɛ le ɣetoɖoƒe ene la, nenema ke Nye Amegbetɔ Vi la ƒe vava anɔ. 28Minyae be afi si nu kuku le la, afi ma akagawo nɔna.”
Copyright information for
EweAL