‏ Matthew 24:23-28

23Nenye be ame aɖe agblɔ na mi be, ‘Kristo la va ɖo,’ eye wòle afii alo afi mɛ alo ‘wokpɔe le afi aɖe la,’ migaxɔe se o, 24elabena aʋatsokristotɔwo kple aʋatsonyagblɔɖilawo ava do, eye woawɔ nukunu gãwo siwo dzi Mawu ƒe ame tiatiawo gɔ̃ hã ate ŋu axɔ ase. 25Kpɔ ɖa, megblɔe na mi do ŋgɔ lo!

26“Eya ta ne ame aɖe gblɔ na mi be, ‘Ele gbedzi afi aɖe la,’ migaɖe fu na mia ɖokuiwo be yewoayi aɖakpɔe ɖa o. Alo ne ame aɖe be, ‘Ebe ɖe xɔ gã me la,’ migaxɔe se o! 27Abe ale si dzi kea dzo le ɣedzeƒe wokpɔnɛ le ɣetoɖoƒe ene la, nenema ke Nye Amegbetɔ Vi la ƒe vava anɔ. 28Minyae be afi si nu kuku le la, afi ma akagawo nɔna.”
Copyright information for EweAL