‏ Matthew 24:32-35

Nufiame tso gboti la ŋuti

(Marko 13:28-31; Luka 21:29-33)

32“Azɔ misrɔ̃ nu tso gboti la ŋuti. Nenye be tsi ɖo eƒe alɔwo me, eye aŋgbawo de asi dodo me la, ekema minyae be dzomeŋɔli ɖo vɔ. 33Nenema ke ne miekpɔ be nu siawo katã de asi dzɔdzɔ me la, ekema minyae be nye vava tu aƒe kpokploe. 34Vavã mele egblɔm na mi be dzidzime sia nu mava yi o, va se ɖe esime nu siawo katã va eme.

35“Dziƒo kple anyigba nu ava yi, gake nye nyawo anɔ anyi ɖaa.
Copyright information for EweAL