Matthew 24:45-51
Dɔla nuteƒewɔla alo nuteƒemawɔla la
(Luka 12:41-48)
45“Azɔ minye dɔla nuteƒewɔla kple nunyala, ame si eƒe aƒetɔ atsɔ ɖo eƒe aƒemetɔwo nu be wòana woƒe nuɖuɖu wo le enaɣi. 46Nenye be metrɔ gbɔ va kpɔ nye subɔlawo miele miaƒe dɔdeasi siawo wɔm anukwaretɔe la, mayra mi ŋutɔ. 47Le nyateƒe me la, matsɔe aɖo nye nuwo katã nu. 48“Gake ne miewɔ abe dɔla vɔ̃ɖiwo ene hegblɔ na mia ɖokuiwo be, ‘Nye Aƒetɔ anɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖe hafi agbɔ,’ 49ale be miede asi dɔla bubuawo ƒoƒo me hele nutsuɖuɖu kple ahamumu dzi la, 50miaƒe aƒetɔ ava le ŋkeke si miele mɔ kpɔm nɛ o kple gaƒoƒo si mienya o la dzi, 51eye wòaƒo mi vevie. Emegbe la, ana woadrɔ̃ ʋunu mi kple alakpanuwɔlawo, eye afi ma miafa avi, aɖu aɖukli hã le.”
Copyright information for
EweAL