‏ Matthew 26:57-68

Le Sanhedrin ŋkume

(Marko 14:53-65; Luka 22:54-55, 63-71; Yohanes 18:13-14, 19-24)

57Ameha la kplɔ Yesu yi ɖe nunɔlagã Kayafa ƒe aƒe me, afi si agbalẽfialawo kple dumegãwo katã va ƒo ƒu ɖo la. 58Petro nɔ adzɔge ʋĩi le Yesu yome. Esi wòva ɖo nunɔlagã la ƒe aƒe me la, eto nu xa dzaa ge ɖe aƒea me, eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe subɔlawo dome be yeakpɔ nu si adzɔ ɖe Yesu dzi la ɖa.

59Nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la gãwo nɔ nutsotso aɖewo dim le Yesu ŋu be yewoatsɔ abu fɔe eye yewoatso kufia nɛ, 60gake womete ŋu kpɔ nutsotso aɖeke o, togbɔ be ame geɖewo lɔ̃ ɖi aʋatsoɖase le eŋu hã. 61Le nuwuwu la, ame eve va gblɔ be, “Ame sia gblɔ be, ‘mate ŋu agbã Mawu ƒe gbedoxɔ sia agatui le ŋkeke etɔ̃ megbe.’ ”

62Enumake Yudatɔwo ƒe nunɔlagã la tsi tsitre hebia Yesu be, “Ɖe nèle gbegbem be yemaɖo nutsotso gbogbo siwo wotsɔ ɖe ŋuwò la ƒe ɖeke ŋu oa? Nya aɖeke mele asiwò nàtsɔ aʋli ɖokuiwò tae oa?” 63Ke Yesu meke nu o.

Nunɔlagã la yi edzi gblɔ nɛ be, “Meta Mawu gbagbe la, nenye wòe nye Kristo, Mawu ƒe Vi la la, ekema gblɔe mise fifia.”

64Azɔ Yesu ɖo eŋu gblɔ be, “Ɛ̃, nye tututue, eye madidi o la, miakpɔ nye Amegbetɔ Vi la manɔ Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nuɖusime, eye matrɔ ava le dziƒo ƒe lilikpowo me.”

65Eƒe nya sia tɔ dzi na Yudatɔwo ƒe nunɔlagã la, ale woƒu asi akɔta gblɔ be, “Mise ɖa, ame sia gblɔ busunya. Megahiã be ame bubu aɖeke naɖi ɖase o. Mí katã míese eƒe numegbe xoxo. 66Nu kae nye miaƒe nyametsotso?”

Ameha gã la do ɣli be, “Edze na ku, ele be woawui!”

67Azɔ amewo ƒu du ɖe edzi, ɖe ta ɖe eŋu, eye ɖewo tu kɔe, ƒo tome nɛ 68hegblɔ nɛ be, “Ne wòe nye Kristo la la, ekema tɔ asi ame si ƒo wò to megbe la dzi ne míakpɔ.”
Copyright information for EweAL