‏ Matthew 26:69-75

Petro gbe nu le Yesu gbɔ

(Marko 14:66-72; Luka 22:56-62; Yohanes 18:15-18, 25-27)

69Le ɣeyiɣi siawo katã me la, Petro ganɔ amehawo dome le xexe. Dɔlanyɔnuvi dzaa aɖe te ɖe eŋu gblɔ nɛ be, “Wò hã ènɔ Yesu Galileatɔ la yome.”

70Ke Petro sẽ nu le wo katã ƒe ŋkume be, “Nyemenya naneke le nu si gblɔm nèle la ŋu o.”

71Emegbe la, Petro do ɖe agboa nu, eye nyɔnuvi bubu aɖe hã gakpɔ Petro le amehawo dome, eye wògblɔ na ame siwo le afi ma be, “Ame sia hã nɔ Yesu Nazaretitɔ la ƒe nusrɔ̃lawo dome.”

72Azɔ Petro ka atam be, “Nyemenya ŋutsu la le afi aɖeke kura o!”

73Ke eteƒe medidi o la, ame siwo tsi tsitre ɖe afi ma la te ɖe Petro ŋu gblɔ nɛ be, “Nɔvi, míenya be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka nènye. Wò nuƒo hã sɔ kple Galileatɔwo tɔ pɛpɛpɛ.”

74Azɔ Petro do ɣli, ka atam gblɔ be, “Ne menya ame sia tututu la, ekema nane nedzɔ ɖe dzinye.”

Kasia Petro naɖe nu le nya la me la, koklo ku atɔ “kɔkɔliakɔe.”
75Enumake Petro ɖo ŋku nya si Yesu gblɔ nɛ be, “Hafi koklo naku atɔ la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃” la dzi. Ale wòdo go, eye wòfa avi vevie.
Copyright information for EweAL