Matthew 27:11-14
Pilato bia gbe Yesu
(Marko 15:2-5; Luka 23:3-5; Yohanes 18:33-38)
11Azɔ la, Yesu tsi tsitre ɖe Pilato, Roma dziɖuɖu la ƒe mɔmefia ƒe ŋkume. Gɔvina la biae be, “Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, abe ale si miegblɔe ene.” 12Nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo tsɔ nya geɖewo wɔ nutsotsoe ɖe Yesu ŋuti, gake ezi ɖoɖoe kpoo. Meɖo nya ɖeka pɛ hã ŋu o. 13Pilato gabiae be, “Mèle nya gbogbo siwo gblɔm wole ɖe ŋutiwò la sem oa?” 14Ke Yesu meɖo nya la ŋu nɛ o, eye esia wɔ nuku na Pilato ŋutɔ.
Copyright information for
EweAL