Matthew 27:32-44
Woklã Yesu ɖe ati ŋuti
(Marko 15:21-32; Luka 23:26-43; Yohanes 19:17-27)
32Esi woyina eklã ge ɖe atitsoga ŋuti la, wodo go ŋutsu aɖe si tso Kirene le Afrika. Eŋkɔe nye Simɔn, eye wozi edzi be wòatsɔ atitsoga la akpe Yesu. 33Ale wova ɖo teƒe si woyɔna be Golgata si gɔmee nye “Ametakoli Togbɛ.” 34Asrafoawo tsɔ wain si me wode gbe siwo vena la nɛ be wòano, gake esi wòɖɔe kpɔ la, egbe enono. 35Esi woklãe ɖe atitsoga ŋuti vɔ la, asrafoawo da akɔ ɖe eƒe awuwo dzi be wòazu ame si ɖu dzi la tɔ. 36Esia megbe la, wonɔ anyi ɖe afi ma henɔ eŋu dzɔm. 37Woŋlɔ nu klã ɖe eƒe atitsoga la tame be, Ame siae nye Yesu, Yudatɔwo ƒe Fia la. 38Ŋdi ma ke la, woklã adzodala eve hã ɖe ati ŋuti le Yesu ƒe axa eveawo dzi. 39Ame siwo to teƒea va yina la dzui hegblɔ nya vlo geɖewo ɖe eŋuti. Woʋuʋua ta fewuɖutɔe be, 40“Ke alee wòle! Àte ŋu agbã gbedoxɔ la, agbugbɔ atui le ŋkeke etɔ̃ megbe. Màte ŋui oa? Ne àte ŋui, eye nènye Mawu ƒe Vi tututu la, ɖe ɖokuiwò le atitsoga la ŋuti!” 41Nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple dumegã siwo le afi ma la ɖu fewu le eŋu be, 42“Èɖe ame bubuwo, gake màte ŋu aɖe ɖokuiwò o! Ke wò boŋue nye Israel ƒe fia la? Nenye wòe la, ɖi le atitsoga la ŋuti, ekema míaxɔ dziwò ase. 43Ebe yexɔ Mawu dzi se; Mawu neɖo kpe eƒe xɔse la dzi ne wòaɖee le atia ŋuti. Alo menye eyae gblɔ be, ‘Mawu ƒe Vi menye’ oa?” 44Nenema ke adzodala siwo woklã ɖe ati ŋuti kpe ɖe eŋuti la hã dzui heɖe alɔme le eŋuti.
Copyright information for
EweAL