Matthew 3:13-17
Yohanes de mawutsi ta na Yesu
(Marko 1:9-11; Luka 3:21-22)
13Le ɣe ma ɣi me la, Yesu hã tso le Galilea va Yɔdan tɔsisi la to be Yohanes nade mawutsi ta na ye, 14gake Yohanes medi be yeade tsi la ta nɛ o, ke boŋ egblɔ nɛ be, “Medze be nye made mawutsi ta na wò o. Nye boŋ wòle be nàde mawutsi ta na.” 15Yesu gblɔ nɛ be, “Meɖe kuku, de mawutsi ta nam ko, elabena ele nam be mawɔ nu siwo katã woɖo da ɖi la.” Ale Yohanes lɔ̃ de mawutsia ta nɛ. 16Esi wòde mawutsi ta nɛ vɔ, eye wònɔ go dom le tsia me la, dziƒo nu ʋu, eye Yesu kpɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ le akpakpa ƒe nɔnɔme me, wònɔ ɖiɖim ɖe edzi. 17Le ɣeyiɣi sia me tututu la, gbe aɖe ɖi tso dziƒo be, “Wòe nye vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, wò me mekpɔa ŋudzedze lena.”
Copyright information for
EweAL