‏ Matthew 4:1-11

Abosam te Yesu kpɔ

(Marko 1:12-13; Luka 4:1-13)

1Esia megbe la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kplɔ Yesu yi gbedzii be Abosam natee kpɔ. 2Yesu tsi nu dɔ le afi sia ŋkeke blaene kple zã blaene, eye emegbe dɔ wui vevie. 3Esi Abosam kpɔ esia la, eva tee kpɔ gblɔ nɛ be, “Nenye wòe nye Mawu ƒe Vi la vavã la, ɖe gbe na kpe siawo be woatrɔ azu abolo na wò nàɖu.”

4Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Woŋlɔe ɖi be, ‘Menye nuɖuɖu ɖeɖe ko ŋu amegbetɔ anɔ agbe ɖo o, ke boŋ nya sia nya si Mawu gblɔ la ŋutie.’ ”

5Azɔ Abosam gakplɔe yi du kɔkɔe la me eye wòtsɔe ɖo gbedoxɔ la ƒe kɔkɔƒe kekeake. 6Egblɔ nɛ be, “Nenye Mawu vie nènye vavã la, ti kpo tso afi sia. Elabena woŋlɔ ɖi bena: “ ‘Aɖe gbe na eƒe dɔlawo le ŋutiwò,
eye woatsɔ wò ɖe woƒe asiwo me
ale be màtsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe aɖeke o.’ ”

7Yesu gagblɔ nɛ be, “Woŋlɔ da ɖi hã be, mègate Aƒetɔ wò Mawu kpɔ o.”

8Esia megbe la, Abosam kplɔ Yesu yi to kɔkɔ aɖe ƒe tsyɔ̃eƒe ke, eye wòɖe xexea me fiaɖuƒewo katã kple woƒe atsyɔ̃nuwo fiae. 9Egblɔ nɛ be, “Matsɔ nu siawo katã na wò nenye be nèdze klo de ta agu nam ko.”

10Yesu blu ɖe Satan ta be, “Satana, te ɖa le gbɔnye! Mèse mawunya gblɔ be, ‘Aƒetɔ wò Mawu la ko nàsubɔ, eya ko wòle be nàɖo toe oa?’ ”

11Ale Abosam gblẽe ɖi hedzo, eye mawudɔlawo va egbɔ va subɔe.
Copyright information for EweAL