‏ Matthew 5:1-12

Todzinyagbɔgblɔ

(Luka 6:20-23)

1Gbe ɖeka esi amehawo ganɔ ƒu ƒom ɖe Yesu ŋu la, elia togbɛ aɖe, henɔ anyi eye eƒe nusrɔ̃lawo hã va nɔ egbɔ. 2Azɔ efia nu wo le afi ma hegblɔ na wo be, 3“Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo da ahe le gbɔgbɔ me la,
elabena wotsɔ dziƒofiaɖuƒe la na mi.
4Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo hã le konyi fam la,
elabena woafa akɔ na mi!
5Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo fa tu,
miawoe anyi anyigba la ƒe dome.
6Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo wum dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le la,
elabena miawoe aɖi ƒo.
7Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo le nublanui kpɔm na amewo,
elabena miawoe woakpɔ nublanui na.
8Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo dza le miaƒe dzi me,
elabena miawoe akpɔ Mawu.
9Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo léa avu la,
elabena miawoe woayɔ be Mawu ƒe viwo.
10Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo yome woti le dzɔdzɔenyenye ta,
elabena miawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.”

11Dzi nedzɔ mi nenye be amewo dzu mi, ti mia yome, da alakpa ɖe mia si hegblɔ nya vɔ̃ bubuwo ɖe mia ŋuti le tanye. 12Mikpɔ dzidzɔ, eye mitso aseye, elabena fetu gã aɖe le mia lalam le dziƒo. Miɖo ŋku edzi be, nenema ke woti Nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ na mi la hã yomee.
Copyright information for EweAL