Matthew 6:25-34
Le dzimaɖitsitsi ŋuti
(Luka 12:22-34)
25“Eya ta mele egblɔm na mi be, migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti, nu si miaɖu alo miano ŋu o; alo le miaƒe ŋutilã ŋuti, nu si miata ŋu o. Ɖe miaƒe agbe mexɔ asi wu nuɖuɖu, eye miaƒe ŋutilã mexɔ asi wu nudodo oa? 26Mikpɔ dziƒoxeviwo ɖa; womeƒãa nu alo ŋea nu alo ƒoa nu nu ƒu ɖe avawo me o. Ke mia Fofo si le dziƒo la naa nuɖuɖu wo. Ɖe mi amegbetɔwo miexɔ asi sãa wu dziƒoxeviwo oa? 27Mia dometɔ kae ate ŋu ato dzitsitsi me atsɔ gaƒoƒo ɖeka pɛ akpe ɖe eƒe agbe ŋu? 28“Ekema nu ka ŋuti mietsia dzi ɖe nutata ŋu ɖo? Mikpɔ ale si dzogbenyawo le gbedzi tsinae ɖa. Womewɔa dɔ alo trea ɖeti o. 29Ke mele egblɔm na mi be Solomo, ame si nɔ atsyɔ̃ gã me hã ƒe atsyɔ̃ɖoɖo mede seƒoƒo siawo tɔ nu kura o. 30Ke nenye be Mawu ɖoa atsyɔ̃ na gbe le gbedzi, gbe si nɔa anyi egbe, eye wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzo me etsɔ la, ɖe mate ŋu na mi sãa wu gbe siawo oa? O mi xɔse ʋɛ tɔwo? 31Eya ta migatsi dzi anɔ biabiam be, ‘Nu ka míaɖu?’ alo ‘Nu ka miano?’ alo, ‘Nu ka míata?’ o. 32Elabena trɔ̃subɔlawo tia nenem nu siawo katã yome, ke mia Fofo si le dziƒo la nya miaƒe hiahiãwo katã. 33Ke midi Mawu ƒe fiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbã, eye woatsɔ nu siawo katã akpe ɖe eŋuti na mi. 34Eya ta migatsi dzi ɖe etsɔ si gbɔna la ŋu o, elabena etsɔ si gbɔna la atsi dzi ɖe eɖokui ŋu elabena kuxi sɔ gbɔ le ŋkeke sia ŋkeke me xoxo.
Copyright information for
EweAL