Matthew 7:1-5
Ʋɔnudɔdrɔ̃ ame bubuwo
(Luka 6:37-38, 41-42)
1“Mègadrɔ̃ ʋɔnu ame bubuwo o, ne menye nenema o la, woadrɔ̃ ʋɔnu wò hã, 2elabena ale si nèdrɔ̃a ʋɔnu ame bubuwoe la, nenema tututue woadrɔ̃ ʋɔnu wò hãe, eye dzidzenu si ŋu dɔ nèwɔ la, dzidzenu ma ke ŋu dɔ woawɔ atsɔ adzidze nu na wò hã. 3“Nu ka ta nèkpɔa ati fefi si le nɔviwò ƒe ŋku dzi, gake mèkpɔa atikpo si le wò ŋutɔ wò ŋku dzi o mahã? 4Aleke wɔ nàgblɔ na nɔviwò be, ‘Na maɖe ati fefi le wò ŋku dzi,’ le esime atikpo le wò ŋutɔ wò ŋku dzi? 5Wò, alakpanuwɔla, ɖe atikpo le wò ŋutɔ wò ŋku dzi gbã, ekema àkpɔ nu nyuie ale be nàte ŋu aɖe ati fefi si le nɔviwò ƒe ŋku dzi la.
Copyright information for
EweAL