‏ Matthew 7:7-11

Mibia, midi nu, eye miƒo ʋɔa

(Luka 11:9-13)

7“Mibia nu, eye woana mi; midi nu, eye miakpɔe; miƒo ʋɔa, eye woaʋui na mi. 8Elabena ame sia ame si biaa nu la, wonanɛ; ame sia ame si dia nu la, ekpɔnɛ, eya ta ne mieƒo ʋɔa ko la, woaʋui na mi.

9“Mia dometɔ kae li nenye be Via ŋutsu bia aboloe la, wòatsɔ kpe nɛ? 10Alo nenye be ebia tɔmelãe la, wòatsɔ dalã nɛ? 11Ke nenye be mi ame vɔ̃ɖiwo mienya ale si miana nu nyui mia viwo la, ɖe mia Fofo si le dziƒo la mana nu nyuiwo ame siwo bianɛ geɖe wu oa?
Copyright information for EweAL