‏ Matthew 8:1-4

Yesu yɔ dɔ anyidzela aɖe

(Marko 1:40-45; Luka 5:12-16)

1Esi Yesu ɖi tso togbɛ la dzi gbɔna la, ameha gã aɖe kplɔe ɖo hoo. 2Kasia anyidzela aɖe zɔ tẽe va dze klo ɖe eƒe akɔme, eye wòde ta agu nɛ hegblɔ be, “Aƒetɔ, ne èlɔ̃ la, na ŋutinye nakɔ.”

3Enumake Yesu ka asi ŋutsu la ŋu gblɔ nɛ be, “Mèlɔ̃, ŋutiwò nekɔ.” Ale anyidɔ la bu le eŋuti enumake. 4Yesu yi edzi gblɔ nɛ be, “Kpɔ egbɔ be mègblɔ nu sia na ame aɖeke o, ke boŋ yi nàtsɔ ɖokuiwò afia nunɔla la, eye nàna vɔsanu siwo Mose ɖo ɖi na ameŋukɔkɔ abe ɖaseɖiɖi na wo ene.”
Copyright information for EweAL