Matthew 8:23-27
Yesu tsi ahom nu le ƒu dzi
(Marko 4:35-41; Luka 8:22-25)
23Azɔ ege ɖe ʋu aɖe me, eye eya kple eƒe nusrɔ̃lawo dze mɔ ɖo ta ƒua ƒe go evelia dzi. 24Kasia ahom dziŋɔ aɖe de asi tutu me, eye ƒutsotsoewo de asi ŋeŋe me ɖe ʋua me. Le ɣeyiɣi sia katã me la, Yesu ŋutɔ ya nɔ alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ. 25Nusrɔ̃lawo te ɖe eŋu enumake. Woʋuʋui sesĩe hegblɔ nɛ kple ɣli be, “Aƒetɔ, ɖe mí! Míele nyɔnyrɔm!” 26Yesu gblɔ na wo be, “O, mi xɔse ʋɛ tɔwo! Nu ka wɔ miele dzodzom nyanyanya kple vɔvɔ̃ ale?” Azɔ etsi tsitre, eye wòblu ɖe ahom la ta. Ya sesẽ la tɔ enumake, eye ɖoɖoe zi toŋtoŋtoŋ le ƒua dzi. 27Nusrɔ̃lawo ƒe nu ku ŋutɔ, ale wogblɔ na wo nɔewo be, “Ame ka gɔ̃e nye esia, be yaƒoƒo kple ƒutsotsoewo hã ɖoa toe mahã?”
Copyright information for
EweAL