Matthew 8:5-13
Yesu da gbe le Kapernaumʋafia la ƒe dɔla ŋuti
(Luka 7:1-10; Yohanes 4:43-54)
5Esi Yesu va ɖo Kapernaum la, aʋafia aɖe va egbɔ va ɖe kuku nɛ vevie be wòakpe ɖe ye ŋu. 6Egblɔ be, “Aƒetɔ, nye dɔla le lãmetutudɔ lém, emlɔ anyi ɖe aƒe me, eye wòle vevesese gã aɖe me.” 7Yesu gblɔ nɛ be, “Enyo, megbɔna be mada gbe le wò dɔnɔ la ŋu na wò.” 8Ke aʋafia la ya gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, nyemedze be nàva nye aƒe me o, eye mehiã be nàva hã o. Ke gblɔ nya ɖeka ko, eye nye dɔla la ƒe lãme nasẽ. 9Elabena nye ŋutɔ hã menye ame le ŋusẽ te, eye asrafowo le nye hã tenye. Meɖea gbe na tenyeviwo be, ‘Miyi afii,’ eye woyina, ‘Miva afii,’ eye wovana, megblɔna na nye dɔla be, ‘Wɔ esi kple ekemɛ,’ eye wòwɔnɛ.” 10Yesu ƒe nu ku le aʋafia la ƒe nyawo ŋuti. Azɔ etrɔ ɖe ameha la ŋu gblɔ be, “Le nyateƒe me la, nyemekpɔ xɔse sia tɔgbi le Israelnyigba dzi kpɔ o. 11Mele egblɔm na mi be, ame geɖewo atso xexea me ƒe dzogoe eneawo katã dzi age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me, eye woanɔ anyi kple Abraham, Isak kple Yakob. 12Ke Israelvi geɖewo, ame siwo wodzra fiaɖuƒe la ɖo ɖi na ya la, woatsɔ wo aƒu gbe ɖe viviti tsiɖitsiɖi la me, afi si avifafa kple aɖukliɖuɖu anɔ.” 13Yesu gatrɔ ɖe Romasrafowo ƒe amegã la ŋu hegblɔ nɛ be, “Heyi aƒe me, nu si nèxɔ se be ate ŋu ava eme la, va eme xoxo.” Le ɣeyiɣi si me Yesu nɔ nya siawo gblɔm la, dɔla la ƒe lãme sẽ.
Copyright information for
EweAL