‏ Matthew 9:1-8

Yesu da gbe le lãmetututɔ aɖe ŋu

(Marko 2:1-12; Luka 5:17-26)

1Yesu gatrɔ ge ɖe ʋua me, eye wòtso ƒua va Kapernaum, si nye wo dedu me. 2Eɖo afi ma eteƒe medidi hafi ame aɖewo kɔ ŋutsu aɖe si le lãmetutudɔ lém la ɖe aba dzi vɛ o. Yesu kpɔ be ameawo ƒe xɔse de to ŋutɔ, eya ta egblɔ na dɔnɔ la be, “Vinye, wò dzi nedze eme, elabena wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò.”

3Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala aɖewo nɔ afi ma se nya siwo do le Yesu nu la, eye wogblɔ na wo nɔewo be, “Nu ka! Ame sia gblɔ busunya.”

4Yesu nya nu si nɔ woƒe susu me, eya ta ebia wo be, “Nu ka ta miele nu baɖa siawo ƒomevi susum ɖo? 5Mibu eŋuti kpɔ be kae le bɔbɔe wu, be woagblɔ na ame sia be, ‘Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò’ alo woagblɔ nɛ be, ‘Tso nàzɔ azɔli?’ ” 6Be miadze sii be ŋusẽ le nye Amegbetɔ Vi la si le anyigba sia dzi be matsɔ nu vɔ̃wo ake amewo le anyigba dzi ŋuti la, Yesu trɔ ɖe lãmetututɔ la gbɔ gblɔ nɛ be, “Tsi tsitre nàŋlɔ wò aba ne nàzɔ ayi aƒe me!” 7Ame la tsi tsitre enumake, eye wòfɔ eƒe nuwo heyi aƒe me. 8Nyateƒe, vɔvɔ̃ gã aɖe dze ameha blibo la dzi, elabena Yesu wɔ nukunu sia le woawo ŋutɔ ƒe ŋkume wokpɔ, eye wokafu Mawu be wòna ŋusẽ triakɔ sia tɔgbi amegbetɔ!
Copyright information for EweAL