‏ Matthew 9:9-13

Mateo yɔyɔ

(Marko 2:13-17; Luka 5:27-32)

9Esi Yesu nɔ tsa ɖim le dua me la, eva ke ɖe dugadzɔla aɖe si woyɔna be Mateo la ŋu wònɔ anyi ɖe dugadzɔƒe. Yesu yɔe gblɔ nɛ be, “Va dze yonyeme ne nàzu nye nusrɔ̃la.” Mateo tso enumake, eye wòdze Yesu yome.

10Gbe ma gbe fiẽ la, Mateo kpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo be woava ɖu nu le yeƒe aƒe me. Dugadzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔla bubuwo hã nɔ ame kpekpeawo dome. 11Farisitɔwo kpɔ esia, ale wobia Yesu ƒe nusrɔ̃lawo be, “Nu ka ta miaƒe nufiala dea ha kple dugadzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔlawo, eye woɖua nu kple wo hã ɖo?”

12Yesu se nya la, eye wòɖo eŋu na wo gblɔ be, “Ame siwo mele dɔ lém o la mehiã atikewɔla o, ke boŋ ame siwo le dɔ lém lae hiãe. 13Ke miyi miasrɔ̃ nu si gblɔm mawunya sia le la be, ‘Nublanuikpɔkpɔe medi, ke menye vɔsa o.’ Nyemeva be mayɔ ame dzɔdzɔewo o, ke boŋ nu vɔ̃ wɔlawo.”
Copyright information for EweAL