Mark 8:1-10

Yesu nyi ame akpe ene

(Mateo 15:32-39)

1Ameha gã aɖe gaƒo ƒu ɖe Yesu ŋu le afi aɖe gbe ɖeka eye nuɖuɖu menɔ wo si woaɖu o. Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo eye wogblɔ na wo be, 2“Ame siawo ƒe nu wɔ nublanui nam ŋutɔ, elabena ŋkeke etɔ̃e nye esi wole afii eye naneke megale wo si woaɖu o. 3Ne meɖo wo ɖe aƒe me dɔmeɣeɣii la, ŋuzi atsɔ wo le mɔa dzi, elabena wo dometɔ aɖewo tso didiƒe ke.” 4Nusrɔ̃lawo biae be, “Afi kae míakpɔ nuɖuɖu na ame gbogbo siawo le, le gbedzi afi sia?”

5Ke Yesu hã bia wo be, “Abolo nenie le mia si?”

Woɖo eŋu be, “Abolo adre.”
6Azɔ Yesu gblɔ na ameawo be woanɔ anyi ɖe gbea dzi, etsɔ abolo adreawo, da akpa na Mawu ɖe wo ta, ŋe wo me kakɛ kakɛ hetsɔ wo na nusrɔ̃lawo eye wotsɔ wo ɖo ameawo ƒe akɔme.

7Wokpɔ lã memĩ eve aɖewo hã eye Yesu da akpe ɖe woawo hã ta eye wòna be nusrɔ̃lawo ma wo na ameawo. 8Ameawo ɖu nu ɖi ƒodo nyuie. Emegbe la nusrɔ̃lawo ƒo abolo kakɛ siwo susɔ la ƒu eye woyɔ kusi adre. 9Ame siwo ɖu nua la ƒe xexelẽme anɔ akpe ene. Yesu do mɔ wo le nua ɖuɖu vɔ megbe.

10Le nu siawo megbe la, Yesu ge ɖe ʋu aɖe me enumake kple eƒe nusrɔ̃lawo eye wova ɖi go ɖe Dalmanuta nutowo me.

Copyright information for EweBEE