Matthew 22:1-10

Lododo le srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoɖo aɖe ŋuti

(Luka 14:15-24)

1Yesu gado lo bubu na ameha la gblɔ be, 2“Dziƒofiaɖuƒe la le abe Fia aɖe si ɖo srɔ̃ɖekplɔ̃ gã aɖe na via ene. 3Wokpe ame geɖewo ɖe kplɔ̃ sia ŋu eye esi nu sia nu sɔ gbe vɔ la, fia la ɖo dɔlawo ɖe ame kpekpeawo be woava elabena ɣeyiɣia ɖo be wɔnawo nadze egɔme, gake ame kpekpewo katã gbe womeva o. 4Fia la gadɔ dɔla bubuwo ɖo ɖe ame kpekpeawo gbɔ kple gbedeasi sia be, ‘Nu sia nu sɔ gbe vɔ, nuɖuɖua bi eya ta miva. Ame sia ame neɖe abla ne wòava.’

5“Ke esi ame kpekpeawo se nya sia la ɖeko woko nu eye wo dometɔ ɖe sia ɖe dzo yi nu si dze eŋu la wɔ ge, ɖeka yi eƒe agble me, eye bubu yi asigbe. 6Ke ɖewo do dɔmedzoe ɖe dɔlawo ŋu ƒo wo vevie eye woɖi gbɔ̃ ɖewo wu ɖewo gɔ̃ hã.

7“Fia la do dɔmedzoe ale wodɔ eƒe asrafowo woyi ɖawu hlɔ̃dola siawo eye wotɔ dzo woƒe du la wòbi keŋ. 8Le esia megbe la fia la gblɔ na eƒe dɔlawo bena, ‘Nu sia nu sɔ gbe na ŋkekea ɖuɖu gake ame siwo mekpe la, medze na bubu si mede wo ŋu o. 9Eya ta miyi mɔtatawo dzi kple ablɔwo ƒe dzogoewo me, eye ame sia ame si miakpɔ ko la, mikpee va kplɔ̃a ŋuti.’

10“Dɔlawo wɔ ɖe esia dzi, eye eteƒe medidi o wokplɔ amewo vɛ fũ, ame nyuiwo kple ame baɖawo siaa, eye ale srɔ̃ɖekplɔ̃a ŋu yɔ fũ kple amewo.
Copyright information for EweBEE